Luke 12

Nuxɔxlɔ̃ tso alakpanuwɔwɔwo ŋu

1Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene evɔ wo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka. 2Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolowɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. 3Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la woaɖe gbeƒãe be ame sia ame nase.

Ame si wòle be woavɔ̃

(Mateo 10:28-31)

4“Nɔvi lɔlɔ̃wo, migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. 5Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.

6“Ho nenie akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋee aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o. 7Mawu nya miaƒe taɖawo ƒe xexlẽme gɔ̃ hã. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu sã wu akpakpawo.

Yesu me ʋuʋu le amewo ŋkume

(Mateo 10:32-33, 12:32, 10:19-20)

8“Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, ame si tso Dziƒo la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene. 9Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye hã magbe nu la eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume. 10Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le ŋunye la ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la womatsɔe akee gbeɖe o.

11“Nenye be wokplɔ mi va Yudatɔwo ƒe amegãwo kple woƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la ŋu o. 12Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo.”

Lododo le kesinɔtɔ bometsila la ŋu

13Ame aɖe do ɣli tso ameawo dome gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku na wò gblɔ na nɔvinyeŋutsua be wòama fofonye ƒe nuwo me atsɔ tɔnye nam?”

14Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me? 15Kpɔ nyuie! Mègatsi dzi be yeakpɔ nu si menye tɔwò o.” 16Azɔ edo lo sia be, “Agble nyui aɖe si wɔa nuku la nɔ gatɔ aɖe si. 17Le nyateƒe me, eƒe nukuawo wɔ ale gbegbe be eƒe avawo katã yɔ fũ gba go eye megakpɔ nɔƒe na mamleawo gɔ̃ hã o. Ebu tame le nu si wòawɔ la ŋu vevie, 18eye susu aɖe va nɛ mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, ‘Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã. 19Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu eye nàɖu agbe nyuie.”’

20“Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’

21“Enye nyateƒe be, ame sia ame si anye kesinɔtɔ le anyigba dzi ke menye le dziƒo o la, abunɛtɔe.”

Migatsi dzimaɖeɖi o

(Mateo 6:19-21, 25-34)

22Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wògblɔ na wo be, “Migatsi dzi le nuɖuɖu kple nudodo alo avɔtata ŋu o 23elabena nu vavãwo le agbeme siwo hiã boo tsɔ wu nuɖuɖu kple nutata. 24Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋẽa nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la miele vevie na Mawu wu xeviwo katã!

25“Hekpe ɖe esia ŋu la, viɖe kae le dzimaɖeɖitsitsi me? Nu nyui kae wòwɔna na ame? Ɖe wòate ŋu adzi wò agbemeŋkekewo ɖe edzi ŋkeke ɖeka? Gbeɖe, esia mava eme o. 26Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?”

27“Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake Solomon ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. 28Nenye be Mawu taa avɔ na seƒoƒo siwo nɔa agbe ŋkeke ʋee aɖewo ko alea ɖe, miebu be mana avɔtata miawo hã oa, mi dzimaxɔsetɔwo? 29Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. 30Amegbetɔ siwo katã le xexeame la dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. 31Ne mietsɔ dziƒofiaɖuƒea me yiyi wɔ miaƒe taɖodzinu gbãtɔe la, Mawu ana nu siwo miehiã gbe sia gbe la mi.”

32Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ bena woatsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi. 33Midzra nu siwo le mia si eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o. 34Afi si nèdzra wò kesinɔnuwo ɖo la, afi mae wò dzi kple wò susu bliboa nɔna.

Dɔla siwo nɔa ŋudzɔ

(Mateo 24:45-51)

35“Midzra ɖo eye minɔ klalo na 36miaƒe Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ tso srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea. Ekema miate ŋu aʋu ʋɔa nɛ nenye be egbɔ va ƒoe. 37Ame siawo katã le klalo na eƒe gbɔgbɔ la, akpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe, elabena ana ame siawo anɔ kplɔ̃ ŋu eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu. 38Mienya ɣekaɣie wòava o, ate ŋu ava le zã ga asieke me loo alo zã titina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la.”

39“Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wonya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafiatɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene. 40Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi, elabena, Nye, Mesia la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔkpɔm nam o.”

41Petro biae be, “Aƒetɔ, míawo ko nèle nya siawo gblɔm na loo alo ame sia ame.”

42Aƒetɔ la ɖo ŋu nɛ be, “Azɔ ame kae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã? 43Eme anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ vakpɔ be ewɔ eƒe dɔdasia. 44Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.”

45“Gake nenye be amea gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la, 46eƒe aƒetɔ agbɔ le eƒe manyamanya me eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo eye woadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome. 47Woahe to nɛ vevie hã elabena enya nu si wòle be wòawɔ gake egbe mewɔe o.”

48“Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.”

Yesu, ame si he mama vɛ

(Mateo 10:34-36)

49“Ɖe meva be made agbe yeye ƒe dzo anyigbadzitɔwo me. Ne ɖe mewu dɔ sia nu xoxo la, ne anyo ŋutɔ hafi. 50Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye va se ɖe esime enu nava yi.”

51“Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ metsɔ vɛ. 52Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me amã, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve atsi tre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme eye akpa etɔ̃ atsi tre ɖe ŋunye. 53Vi kple tɔ ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dada dome. Eye nenye be lɔ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la lɔ̃xoayɔvi atu afɔ eme.”

Ɣeyiɣiawo gɔmesese

(Mateo 16:2-3)

54Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ eye wògblɔ bena, “Ne miekpɔ alilĩkpowo le ƒu ƒom ɖe ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, ‘Agbafie le dzadza ge.’ Eye wòdzana hã vavã.”

55“Ne dzieheya de asi ƒoƒo me la miegblɔna be, ‘Egbe la ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.’ Eye esia hã vaa eme. 56Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe ʋunyaʋunya gã si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.

Ɖekawɔwɔ kple ame si tsɔ nya ɖe ŋuwò

(Mateo 5:25-26)

57“Nu ka tae wòle be miagbe be yewomakpɔ nu si nyo la na mia ɖokuiwo o?”

58“Nenye be ame aɖe tsɔ nya ɖe ŋuwò eye nekpɔe le mɔdzi wòyina ʋɔnu kple wò nya la, tɔe eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade wò mɔ. 59Eye ne wode wò mɔ la, anɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la wòavɔ keŋkeŋ.”

Copyright information for EweBEE